Philippians 2

Midze Yesu ƒe ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu yome

1Nane li abe kristotɔwo ƒe dzidedeƒo na wo nɔewo enae? Ɖe mielɔ̃m ale gbegbe be miadi be yewoakpe ɖe ŋutinyea? Ɖe mí kpli miawo ƒe nɔvinyenye le Aƒetɔ la me kple míaƒe gomekpɔkpɔ le Gbɔgbɔ ɖeka la me nye viɖe na mia? Ɖe nublanuikpɔkpɔ le dzime na mi le go aɖe mea? 2Ekema mina makpɔ dzidzɔ vavãtɔ to mia nɔewo lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ me, eye mitsɔ dzi ɖeka, susu ɖeka kple taɖodzinu ɖeka wɔ dɔe aduadu.

3Miganye ɖokuitɔdilawo o; migawɔ nu be miadze ame bubuwo ŋu o. Mibɔbɔ mia ɖokuiwo eye mibu ame bubuwo be wonyo wu mi. 4Tɔnye ko nenyo meganɔ mia me o; ke boŋ mibu ame bubuwo hã ŋuti eye miatsɔ ɖe le nu si wɔm wole la me.

5Miaƒe nɔnɔme nenɔ abe Kristo Yesu tɔ ene, 6ame si, esi wònye be Mawu ƒe nɔnɔme mee wònɔ hã la, mebui be ye kple Mawu ƒe sɔsɔ nye nane si wòle be yeaʋli kplii o, 7ke boŋ eɖi gbɔlo eɖokui hetsɔ dɔla ƒe nɔnɔme do eye wòva le ame ƒe nɔnɔme me. 8Esi wònɔ ame ƒe nɔnɔme me la, ebɔbɔ eɖokui, ɖo to yi ɖase ku me, yi ɖase atitsogaŋutiku me ke! 9Eya ta Mawu do eya amea ɖe dzi yi ɖase teƒe kɔkɔtɔ kekeake eye wòtsɔ ŋkɔ si ƒo ŋkɔwo katã ta la nɛ. 10Be le Yesu ƒe ŋkɔ me, klo sia klo, adze nɛ le dziƒo kple anyigba kpakple anyigba te, 11eye aɖe sia aɖe aʋu eme be Yesu Kristo nye Aƒetɔ, hena Mawu fofo la ƒe ŋutikɔkɔe.

12Xɔ̃nye lɔlɔ̃wo, esi menɔ mia gbɔ la, mielé se siwo mede na mi la me ɖe asi sesĩe. Ke azɔ esi nyemegale mia gbɔ o la, boŋ wòle be mialé be na mia ɖokuiwo wu eye miawɔ nu nyui siwo afia be miekpɔ ɖeɖe. Mitsɔ bubu kple toɖoɖo na Mawu eye miagbe nu le nu siwo medzɔa dzi nɛ o la wɔwɔ gbɔ. 13Elabena Mawu le dɔ wɔm le mia me. Eyae kpena ɖe mia ŋu be miaɖo toe eye wògakpena ɖe mia ŋu be miawɔ eƒe lɔlɔ̃nu.

14Miwɔ nu sia nu liʋiliʋililĩ kple nyahehe manɔmee, 15ale bena ame aɖeke mate ŋu akpɔ mɔ atsɔ fɔɖiɖi na mi o. Minɔ agbe dzadzɛ si ŋu fɔɖiɖi mele o, abe Mawu vi siwo le xexe si me do viviti tsiɖitsiɖi heyɔ fũ kple ame mawɔnuteƒewo kple kɔlialiatɔwo la ene. Miklẽ le wo dome abe akaɖi ene 16eye migblɔ Agbenya la na wo.

Ekema nenye be Kristo gava la, makpɔ dzidzɔ gã aɖe be dɔ si mewɔ le mia dome la ɖe vi geɖe.
17Eye nenye be wokɔ nye ʋu ɖi le nyateƒe me, be wòanye vɔsa na Mawu ɖe miaƒe xɔse ta alo nenye be edze be maku ɖe mia ta gɔ̃ hã la, malɔ̃ aku faa eye mana mia dometɔ ɖe sia ɖe nakpɔ gome le nye dzidzɔ sia me. 18Elabena ele be miakpɔ dzidzɔ ɖe esia hã ta eye miadzɔ dzi kplim be wona mɔnukpɔkpɔm be maku ɖe mia ta.

Timoteo kple Epafrodito

19Ne Aƒetɔ la lɔ̃ la, maɖo Timoteo ɖa be wòava kpɔ mi ɖa kpuie. Ekema ne etrɔ gbɔ la, nu siwo wòava gblɔ nam tso nu siwo katã wɔm miele kple ale si miele dɔa dzii ŋu la ana dzi nagaɖo ƒonye. 20Ame aɖeke megali si tsɔ ɖe le miaƒe nya me wu Timoteo o. 21Edze abe ɖe bubuawo katã tsi dzi ɖe woawo ŋutɔ ƒe ɖoɖowo ŋuti eye menye ɖe Yesu Kristo tɔwo ŋu o ene. 22Ke mienya Timoteo nyuie. Ɖe wòle nam abe vi ene eye wòkpena ɖe ŋutinye le nyanyui la gbɔgblɔ me. 23Mele mɔ kpɔm be maɖoe ɖe mi kpuie; ne mese nu si adzɔ ɖe dzinye le afi sia ko. 24Eye mele mɔ kpɔm be, Aƒetɔ la ana be nye ŋutɔ hã mava kpɔ mi ɖa kpuie.

25Le ɣeyiɣi sia me la, mebui be enyo be magbugbɔ Epafrodito aɖo ɖe mi. Mieɖoe ɖa be wòava kpe ɖe ŋutinye le nye hiahiãwo me; enyo ŋutɔ. Mí kplii míezu nɔvi vavãwo eye míewɔa dɔ aduadu. 26Azɔ la, megbugbɔe le ɖoɖom ɖe mi, elabena aƒe le edzrom eye esi miese be, edze dɔ la, mietɔtɔ le mia ɖokuiwo me. 27Le nyateƒe me la, edze dɔ eye esusɔ vie ko wòaku. Gake Mawu kpɔ nublanui na nye kplii siaa, bena metsɔ eƒe ku ƒe nuxaxa tsɔ kpe esiwo le dzinye xoxo la o.

28Eya ta metsi dzi vevie be maɖoe ɖe mi, eye menya ale si gbegbe miada akpee be miegakpɔe, eye esia ana nye hã makpɔ dzidzɔ eye wòaɖe nye xaxawo dzi akpɔtɔ. 29Mido dzaa nɛ le Aƒetɔ la me kple dzidzɔ gã aɖe, eye miɖe miaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fiae, 30elabena eƒe agbe ɖo xaxa gã aɖe me ɖe Kristo ƒe dɔ la ta eye esusɔ vie ne wòaku le esime wòle agbagba dzem be yeawɔ nu siwo miate ŋu wɔ nam o, ɖe ale si miele adzɔge le gbɔnye la ta.

Copyright information for EweBEE